Seychelles nye Afrika dukɔ le India Ƒua me. Eƒe fiadu enye Victoria. Gbe siwo wodona le dziɖuɖudɔwɔƒewoe nye Creole, Eŋlisigbe, kple Fransegbe. Enye dukɔ si me ƒukpo 115 le. Seychelles le Madagascar ƒe dzieheɣedzeƒe gome eye wòdidi tso Kenya ƒe ɣedzeƒe gome abe kilometa 1,600 ene. Nuto siwo le Seychelles dometɔ aɖewoe nye: Anse Boileau, Takamaka kple Cote D’Or. Enye Afrika dukɔ si me amewo mele o wu, eye wobu akɔnta be ƒe 2020 ƒe amewo ƒe xexlẽme nye 98,462.[1]
Seychelles ƒe dukplɔla enye Wavel Ramkalawan.